Matthew 1:18-25

Yesu dzidzi

(Luka 2:1-7)

18Yesu ƒe dzidzi va yi ale: Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ wòaɖe. Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la, Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.

19Azɔ Yosef ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye ame ɖɔʋu aɖe, eya ta eɖoe be yeagbe Maria le bebeme, elabena medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o.

20Esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David vi, mẽgahe ɖe megbe le srɔ̃wo Maria ŋu o, kplɔe wòava nɔ gbɔwò. Elabena vi si le dɔme nɛ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21Adzi ŋutsuvi eye nàna ŋkɔe be Yesu, esi gɔmee nye ‘Ɖela’, elabena eyae aɖe eƒe dukɔmeviwo tso woƒe nu vɔ̃wo me.”

22Esiawo katã ava eme be woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi nu bena, 23“Miɖo to miase nya sia, ɖetugbi dzadzɛ la afɔ fu adzi ŋutsuvi. Woana ŋkɔe be, ‘Imanuel’” si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí.”

24Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. 25Ke Yosef mede asi eŋu o va se ɖe esime wòdzi via ŋutsuvi la eye wòna ŋkɔe be “Yesu.”

Copyright information for EweBEE